1 Timothy 4

1Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtee bena le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le Kristo yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo. 2Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o. 3Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na kristotɔ siwo li ke la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti eye woada akpe ɖe wo ta hafi. 4Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta, 5eye miebia tso Mawu si be woayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.

Kristo Yesu ƒe subɔla nyuitɔ la

6Ne eɖe nu siawo me na ame bubuwo la anɔ wò dɔdeasi wɔm abe Osɔfo nuteƒewɔla, si le xɔse kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si nesrɔ̃ la ŋuti dɔ wɔm la ene.

7Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatenuwo kple movinyawo kpakple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ natsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me. 8Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nàwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me eye nadze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.

9Esia nye nyateƒe eye wòdze be woaxɔe ase blibo 10eye le esia tae miewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Ɖela, vevietɔ ame siwo xɔ se.

11Fia nu siawo eye naka ɖe edzi be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie. 12Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o. Ke boŋ nye kpeɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse, kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo. 13Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la eye naɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣesiaɣi.

14Kpɔ egbɔ be nèwɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋutidɔ nyuie. 15Wɔ nunana siawo ŋutidɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii. 16Lé ŋku ɖe nu siwo katã nesusuna kple nu siwo katã newɔna la ŋuti nyuie. Le nu si nyo eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi eye Mawu ayra wò eye woawɔ ŋuwodɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.

Copyright information for EweBEE